Acts 27

Wokplɔ Paulo yi Roma

1Mlɔeba la wowɔ dzadzraɖo vɔ be míadze mɔ ayi Roma kple meli. Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio, si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie. 2Míeɖo meli aɖe si tso Adramitio eye wòyina tɔtɔ ge ɖe Terki du geɖewo me la hedze mɔ. Helatɔ aɖe tso Tesalonika si woyɔna be Aristark la hã nɔ ʋua me kpli mí.

3Le ŋkeke evea gbe la, míeve ɖo Sidɔn. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio, nyo dɔme na Paulo ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa eye wodi eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ. 4Esi míegadze mɔ tso afi ma tete ko la, ya sesẽ aɖe ƒo va kpe mí eye esia wɔe be míete ŋu zɔ mɔ to afi si wòle be míato o ke boŋ míeto Kipro ƒukpo la ƒe anyiehe gome. Esia gɔmee nye be míeto ƒukpo la kple anyigba la ŋutɔ dome ale be yaa megaɖe fu na mí o. 5Míeto Kilikia kple Pamfilia ŋu eye míeva ɖi go ɖe Mira le Likia nutome. 6Le afi sia la míaƒe kplɔla la kpɔ Egipte tɔdziʋu aɖe si tso Aleksandria yina Italia eye míeɖoe.

7Míenɔ tsia dzi eye míekpe fu ŋkeke geɖewo hafi va ɖo Knido gbɔ lɔƒo. Ya nɔ ƒoƒom sesĩe ale gbegbe be ɖe ko míegbɔ eme tso Salmon ʋudzeƒea ŋu heyi Kreta. 8Míenɔ ahom gã sia me wònɔ fu ɖem na mí alea heto dziheƒuta ɖɔɖɔɖɔ va ɖo teƒe aɖe si woyɔna be Ʋudzeƒe Nyui la. Teƒe sia te ɖe Lasea dua ŋu. 9Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo. Le ɣeyiɣi siawo me la, ƒudzimɔzɔzɔ yi didiƒewo menɔ bɔbɔe o elabena ƒea wu enu vɔ eye ɣeyiɣi sia mee ahom sesẽwo tuna le ƒu dzi. Paulo kpɔe dze sii alea ale wòyɔ tɔdziʋua kulawo hegblɔ na wo be,

10“Amegãwo, edze nam abe ne míeyi míaƒe mɔzɔzɔ sia dzi fifia la, nya aɖe ava dzɔ ɖe mía dzi ene. Ɖewohĩ ʋua anyrɔ eye míaƒe agbawo abu, amewo axɔ abi eye ame aɖewo aku gɔ̃ hã.” 11Ke asrafowo ame siwo ƒe kpɔkplɔ te gamenɔlawo nɔ la, meɖo to Paulo o ke boŋ wose tɔdziʋua kulawo ƒe amegã ƒe aɖaŋu boŋ. 12Eye esi wonye be Ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la, tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ aɖo Foenike be yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la me. Foenike ʋudzeƒe sia ka ɖe eme wu. Ʋudzeƒe Nyui la sã elabena etrɔ mo de anyieheɣetodoƒe kple dzieheɣetoɖoƒe.

Ahom tu le ƒu dzi

13Le ɣemaɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso dziehe gome, eye wòdze abe enyo be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo eye míedze mɔ henɔ goŋu tom to Kreta ŋkume kekeake. 14Sẽ ko la yame trɔ zi ɖeka eye ahom sesẽ aɖe si woyɔna be anyieheɣetoɖoƒeya ƒo kpe mí tso ƒukpo la dzi. 15Ahom la lɔ ʋua ɖe nu ale be ʋua kulawo ɖe asi le eŋu nɛ eye wòkplɔ mí dzoe.

16Mlɔeba la, mieto ƒukpo sue aɖe si woyɔna be Kauda la godo eye to agbagbadzedze geɖe me la wohe tɔdziʋu sue si wotsi kae ɖe ʋu si míeɖo ŋu la 17eye wobla tsɔdziʋu la sesĩe be wòagaʋanya alo anɔ ʋuʋum o. Tɔdziʋua kulawo nɔ vɔvɔ̃m be míaƒe ʋua ava ɖo ba alo asi ke le Afrika ƒe ƒuta eya ta woɖiɖi abalawo ale ya kɔ mí ɖe nu heyii.

18Le ŋiufɔke esi ahom la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi la ʋua kulawo fɔ agbawo ƒu gbe ɖe ƒua me. 19Le ŋkeke etɔ̃a gbe la wofɔ dɔwɔnu siwo katã le ʋua me la hã ƒu gbe ɖe ƒua me. 20Ahom la nu gasẽ ɖe edzi hena ŋkeke geɖewo eye míete ŋu kpɔ ɣe alo ɣletiviwo le dziŋgɔlĩ me gɔ̃ hã o. Esia na be míebu mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ.

21Anɔ abe ŋkeke nanewo nye esi ene ame aɖeke meɖu naneke o, ke mlɔeba la, Paulo yɔ ʋua me nɔlawo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Ne wònye ɖe miese nye gbe eye míetsi Ʋudzeƒe Nyui la, anye ne dzɔgbevɔ̃e sia mava mía dzi o. 22Ke milé dzi ɖe ƒo elabena togbɔ be tɔdziʋua anyrɔ hã la, mía dometɔ aɖeke mele tsɔtsrɔ̃ ge o.”

23“Elabena le zã si va yi me la, nye Mawu si mesubɔna la ɖo eƒe dɔla ɖe gbɔnye wòva gblɔ nam be, 24‘Paulo, mègavɔ̃ o, elabena àva ɖo Kaisaro gbɔ dedie be wòadrɔ̃ ʋɔnu wò. Gawu la, Mawu se wò gbedodoɖa eya ta ame siwo katã le ʋua me kpli wo la atsi agbe.’ 25Eya ta, nɔvinyewo, milé dzi ɖe ƒo, elabena mexɔ Mawu dzi se nyuie eye menyae be nu si wògblɔ la ava eme tututu.” 26Ke ele na mí be míadze go ɖe ƒukpo aɖe dzi.

27Tɔdziʋu la ƒe gbagbã le míaƒe ƒudzinɔnɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe zãtitina lɔƒo esi ahom la ganɔ mía nyamam le Adria ƒu me la, ʋua kulawo bu xaa be yewote ɖe anyigba aɖe ŋu. 28Ale woda dzidzeka ɖe ƒua me, eye wokpɔ be tso ƒua dzi yi egɔme anɔ abe mita blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ ko ene. Sẽ la, wogadae eye azɔ la wokpɔ be anɔ afɔ blaasieke pɛ ko. 29Ʋua kulawo nyae be madidi hafi míava ɖi go o, ke esi wonɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ míava ɖi go ɖe agakpewo dome ta la woda seke ene ɖe ʋua me henɔ agu ƒe dzedze lalam.

30Ʋua kula aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoasi le tɔdziʋua me ale woɖiɖi tɔdziʋu sue la ɖe tsia dzi abe seke da ge woyina ene. 31Ke Paulo gblɔ na asrafoawo kple woƒe amegã bena, “Mía tɔwo, ne mia dometɔ aɖe dzo le tɔdziʋua me la, matsi agbe o.” 32Ale asrafoawo lã ka si wosa ɖe tɔdziʋu sue la ŋu be wòge dze tsia dzi.

33Le fɔŋli me la, Paulo gblɔ na ameawo be, “Mía tɔwo, kwasiɖa eve sɔŋ enye esi ame aɖeke meɖu naneke o. 34Eya ta meɖe kuku na mi, miɖe dzi ɖi ne miaɖu nu elabena naneke mele dzɔdzɔ ge ɖe mía dometɔ aɖeke dzi o.”

35Azɔ Paulo ŋutɔ tsɔ abolo aɖe eye esi wòdo gbe ɖa da akpe ɖe eta vɔ la, eka ɖe heɖu. 36Nu sia ŋusẽ ʋua me nɔlawo katã ale be ame sia ame di nane de nume azɔ. 37Ʋua me nɔlawo katã ƒe xexlẽme anɔ ame alafa eve blaadre-vɔ-ade. 38Esi woɖu nu ɖi ƒo vɔ la, wolɔ bli kotoku mamleawo katã ƒu gbe ɖe ƒua me be ʋua nanɔ wodzoe ale be wòaganyrɔ o.

39Esi ŋu ke la, womekpɔ anyigba dze si o elabena afu do gake wokpɔ ƒuta ƒe afi aɖe ɖaa. Esia na be wonɔ tame bum be ɖe yewoate ŋu ato agakpeawo dome ava do ɖe go ŋu dedie hã. 40Mlɔeba la, woɖoe be yewoatee akpɔ, ale wolã sekeawo hegblẽ wo ɖe ƒua me, wotu kuɖɔkawo hã eye wodo abala heɖo ta gota. 41Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, tɔdziʋua si ke. Eƒe ŋgɔgbe lɔƒo tsi teƒe ɖeka ale be ahom la hã nɔ eƒe megbe lɔƒo kakam.

42Esi wòdzɔ alea ko la, asrafoawo gblɔ na woƒe amegã be wòaɖe mɔ na yewo yewoawu gamemɔlawo katã ale be wo dometɔ aɖeke nagadzo dze ƒua me aƒu tsi asi dzo le yewo gbɔ o. 43Ke le esi woƒe amegã Yulio di be yeaɖe Paulo ƒe agbe ta la, melɔ̃ ɖe woƒe susu si wodo ɖa la dzi o. Ke boŋ eɖe gbe be ame siwo nya tsiƒuƒu la nadze agbagba aƒu tsi ayi gota. 44Ke ame mamlɛawo dometɔ aɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi eye bubuwo hã nanɔ ʋua ƒe kakɛwo dzi ayi gota. Ale ame sia ame dze agbagba alea ɖo gota dedie.

Copyright information for EweBEE